Acts 18

Paulo ƒe dɔwɔwɔ le Korinto

1Le nu siawo megbe la, Paulo dzo le Atene heyi Korinto afi si wòdo go Yudatɔ aɖe si woyɔna be Akuila la le. 2Wodzi Akuila le Ponto eye eya kple srɔ̃a Priskila nɔ Roma tsã gake Kaisaro Klaudio va de se be woanya Yudatɔwo katã dzoe le Roma dua me, eye le esia ta Akuila kple srɔ̃a ʋu va tsi Korinto. 3Paulo dze Akuila kple srɔ̃a gbɔ le Korinto eye wòwɔ dɔ kpli wo elabena wo katã nye avɔgbadɔwɔlawo.

4Paulo yia Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe si le dua me le Sabat ɖe sia aɖe dzi hedzroa mawunya me kple Yudatɔwo kpakple Helatɔwo siaa. 5Esi Sila kple Timoteo tso Makedonia va ɖo Korinto ko la, Paulo ɖe asi le eƒe avɔgbadɔwɔwɔa ŋu eye wònɔ nya gblɔm na Yudatɔwo gbe sia gbe henɔ ɖase ɖim be Yesue nye Mesia la. 6Ke le ale si Yudatɔwo tsi tre ɖe eŋu sesĩe eye gawu la, wonɔ fewu ɖum henɔ busunyawo gblɔm ɖe Yesu ŋu ta la, Paulo ɖe ta le woƒe nya me eye wògblɔ na wo be, “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔ ƒe ta dzi. Nye asi megale miaƒe nya me o. Tso azɔ dzi yina la magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo.”

7Le esia megbe la edzo yi ɖanɔ Trɔ̃subɔla aɖe si ŋkɔe nye Tito Yusto la gbɔ. Ame sia ƒe aƒe te ɖe Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒe la ŋu eye wònye mawuvɔ̃la adodoe aɖe. 8To Paulo ƒe afi ma nɔnɔ me la, Krispo si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ƒe amegã la kple eƒe aƒe blibo la me tɔwo katã trɔ zu kristotɔwo eye wode mawutsi ta na wo. Nenema kee nye Korintotɔ bubu geɖewo hã.

9Gbe ɖeka ƒe zã me la, Mawu ƒo nu na Paulo le drɔ̃eƒe be, “Mègavɔ̃ o; nɔ nya la gbɔgblɔ dzi eye mègazi ɖoɖoe o. 10Elabena meli kpli wò eye ame aɖeke mate atsi tre ɖe ŋuwò o, ame geɖewo le du sia me siwo nye tɔnyewo.” 11Nu sia do ŋusẽ Paulo ale wònɔ Korinto ƒe ɖeka kple afã sɔŋ henɔ Mawu ƒe nyateƒenya la gblɔm.

12Ke esi wova ɖo Galio gɔvinae le Akaya nutoa me la, Yudatɔwo gatso ɖe Paulo ŋu eye wohee va mɔmefia la gbɔe be wòadrɔ̃ ʋɔnui. 13Wotsɔ nya ɖe eŋu be, “Ŋutsu sia le amewo hem be woasubɔ Mawu le mɔ si mesɔ kple Romatɔwo tɔ o la dzi.”

14Esi Paulo ke nu ko la, Galio xɔ nya la hegblɔ na Yudatɔwo be, “Ne mi Yudatɔwo ɖe miele nutsotso nam tso nu vlo wɔwɔ aɖe alo amewuwu ŋuti la, anye ne maɖo to mi. 15Gake esi wònye nu si ku ɖe miawo kple ame aɖe ƒe xɔse ŋuti la, miawo ŋutɔwo mikpɔ egbɔ. Nyemedi be manye ʋɔnudrɔ̃la le nya sia me o.” 16Ale Galio nya wo do goe le ʋɔnudrɔ̃ƒea.

17Amehawo do dziku vevie ale be wodze Sostene si nye Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒea ƒe amegã yeyea dzi eye wolée heƒoe nyui le ʋɔnudrɔ̃xɔa godo, gake Galio mede nu eme kura o.

Priskila, Akuila kple Apolo

18Paulo ganɔ dua me ŋkeke aɖewo eye emegbe la, eklã kristotɔwo eye wòɖo tɔdziʋu hedzo yi Siria nutome. Ekplɔ Priskilia kple Akuila hã ɖe asi. Esi wova ɖo Kentarea la, Paulo lũ ta kolikoli le adzɔgbeɖeɖe si wòwɔ do ŋgɔe le Yudatɔwo ƒe kɔnu nu la ta. 19Esi wova ɖo Efeso la Paulo gblẽ Akuila kple Priskila ɖe tɔdziʋua me eye wòyi ɖe dua me be yeadzro nya me kple Yudatɔ siwo le afi ma la le woƒe ƒuƒoƒe. 20Wobia tso esi be wòanɔ anyi vie gake egbe. 21Ke esi wòle dzodzom le wo gbɔ la edo ŋugbe na wo be, “Ne Mawu lɔ̃ la matrɔ ava.” Eya megbe la eɖo tɔdziʋu tso Efeso. 22Esi wòɖo Kaisarea la, èyi ɖado gbe na hamea eye wòyi Antioxia. 23Enɔ afi ma vie eye wòdze mɔ ɖo ta Terki ke etɔ ɖe Galatia kple Frigia nutomewo eye wòdo ŋusẽ hame siwo le nutoawo me hekpe ɖe wo ŋu be woagatsi ɖe edzi le gbɔgbɔ me.

Apolo va Efeso kple Kɔrinto

24Eva va eme be Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Apolo la tso Aleksandria si le Egipte la va Efeso. Ame sia nye mawunyanyala adodoe aɖe. 25Wofia nui tso Aƒetɔ la ƒe mɔ ŋuti, egblɔa nya dzideƒotɔe eye wòfiaa nu tso Yesu ŋuti pɛpɛpɛ, togbɔ be Yohanes ƒe mawutsideta ko wònya hã. 26Edze nufiafia gɔme le ƒuƒoƒea dzideƒotɔe. Esi Akuila kple Priskila se eƒe nyawo la wokpee yi wo ƒe aƒeme heɖe Mawu ƒe mɔ me nɛ tsitotsito wu esi wònya tsã.

27Apolo di vevie be yeayi Hela nutome, ale xɔsetɔ siwo le Antioxia la do ŋusẽe be wòayi. Woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe xɔsetɔ siwo le afi ma la be ne Apolo va la, 28woaxɔe akpɔ edzi nyuie. Esi wòva ɖo Hela nutome la, egblɔ mawunya kple ŋusẽ eye wòdo ŋusẽ hame siwo nɔ afi ma. Edzro nya me kple Yudatɔwo le dutoƒo eye wòɖi ɖase be mawunya ɖee fia kɔtee be Yesue nye Mesia la vavã.

Copyright information for EweBEE